Location via proxy:   [ UP ]  
[Report a bug]   [Manage cookies]                
Jump to content

Yesu

Tso Wikipedia
Yesu Kristo

Yesu, amesi woga yɔna be Yesu Nazaret-tɔ la, enye ame si nye ame vevietɔ wu na Kristotɔwo katã le xexeame godoo. Woga yɔnae be Yesu Kristo hã. Woɖe ŋkɔ Yesu tso Helagbe me nya Ίησους (Iēsous) me. Yudatɔwo, si gbɔ ŋkɔ sia tso gbã la, yɔnae be יהושע (Yehoshua) alo ישוע (Yeshua). Kristo tso Helagbe Χριστός (christós) me. Esia tso Yudagbe משיח - (machiakh) alo Mesaya, si gɔme enye "amesi wosi ami ɖe ta na".

Amesiwo dze Yesu Kristo Yome, tu woƒe xɔse ɖe eƒe nufiafiawo dzi kple nusiwo kata͂ woŋlɔ͂ɖi le Biblia me kuɖe eŋu kpakple amesiwo subɔna le habɔbɔ siwo si dzixɔse siawo le la woe woyɔna be Krisotɔwo.

Kristotɔwo xɔe se be : Yesu Kristo nye Mawu ŋusekatatɔ ƒe vi. Eɖi tso dziƒo va nɔ amegbetɔwo dome. Enɔ anyigba dzi hena ƒe blaetɔ vɔ etɔ. Ema yome la, eku eye wòɖii. Le ŋkeke etɔ megbe la, efɔ tso amekukuwo dome. Etrɔ yi dziƒo bɔbɔ nɔ anyi ɖe fofoa Yehowa ƒe ɖusi me. Atrɔ ava drɔ ʋɔnu amegbetɔwo katã ne fofoa ɖe mɔ nɛ be wòawɔ esia.

Alẽkplɔlawo va Yesu gbɔ

Kristotɔwo xɔ edzi se be ne ame aɖe xɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe tenuvi la, ame ma akpɔ agbemavɔ eye ne wòku eye wòɖii hã la, ne Yesu Kristo trɔ va ko la, ame ma anɔ agbemavɔ le anyigba dzi. Nusi wòle be amegbetɔ nanya ye nye be Yesu Kristo ɖekae nye mɔla, nyaateƒela kple agbela.

Nusiwo míenya tso Yesu ŋuti la tso Biblia la ƒe Nyanyuigbalẽ eneawo, siwo le Nubabla yeyea me. Ame geɖe siwo nyaa nu tso Biblia ŋu la, xɔ edzi se be Yesu enye Yudatɔ, si tso Galelia. Woga xɔe se hã be eyae enye nufiala, atikewɔla kple dɔyɔla, amesi Yohannes Tsitadela la de tsi ta na, eye wohee ɖe ati ŋu le Yerusalem, le nunɔla Pontio Pilato te.

Nusrɔ̃la ʋe aɖewo hã gblɔna be Yesu aɖeke menɔ anyi le xexeame akpɔ o.

Kristotɔwo ƒe dzixɔse enye be Yesu enye Mesaya alo Xɔla si ƒe vava wogblɔ ɖi le Nubabla xoxo la me, eye bena efɔ tso ku me le eƒe hehe ɖe ati ŋu megbe. Eƒe subɔlawo xɔe se be Yesu enye Mawu, vi la ŋutɔ, si va be yea na ɖeɖe amegbetɔwo, eye yea he wo va ye gbɔe. Kristotɔwo ga xɔe se bena ɖetugbui leaƒee dzii, eye eƒe agbe kple dɔwɔwɔwo katã na nyagblɔɖi siwo wogblɔ ɖi tso blema ke la, va eme. Wo ga xɔe se be Yesu ga trɔ yi dziƒo, eye wògale tɔtrɔ ge ava anyigbaa dzi zi eveliae.

Moslemtɔwo kpɔa Yesu abe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ene. Wo me xɔe abe Mawu ŋutɔ alo via ene o. Wo me xɔ edzi se be wohe Yesu ɖe ati ŋu eye wò ku o. Wolɔ̃ bena Yesu yi dziƒo eye wòle mɔkpɔm be aga trɔ ava ne xexeame yɔ fũ kple nuvɔ̃wɔwɔ.